Site icon Treasure Hymns – French

Cantique 84 NUKAE NYE ‘SIA Paroles

Cantiques Du Togo Baptiste

Cantique 84 NUKAE NYE ‘SIA Paroles

 

Nukae nye ‘sia, nye hā mekpɔ
Gome le eƒe ʋu kɔkɔea me !
Yesu ku na nye vōwɔla,
Nye ta wokɔe yi ɖe ku me ;
Lɔlō kae nye esia bena
Wo nye Mawu aku ɖe tanye !

Lɔlō kae nye esia bena
Wo nye Mawu aku nam ma !

Egblē Fofoa ƒe fiasa ɖi
Kple eƒe kɔkɔenyenye hā.
Ke tsɔ ‘ƒe lɔlō vɛ na mi,
Ye kɔ ‘ƒe ʋu d’ anyi na mi ;
Nublanuikpɔkpɔgā kae nye
Be nye Mawu adim akpɔm !

Lɔlō kae nye esia bena
Wo nye Mawu aku nam ma !

Nye luʋɔ nɔ vō ƒe gɔÈme
Nuvō blam ‘ye wotem ɖe to,
‘Si wo kekeli klē ɖem la
Menyō hetsɔ nye^agbe na wo.
Nuvōgawo tso nye dzi vo
Metso yi ŋgɔ dze yowome.

Lɔlō kae nye esia bena
Wo nye Mawu aku nam ma !

Quitter la version mobile