Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 75 MIESE MAWUDƆLAWO Paroles
Miese Mawudɔlawo
Ha viviwo dzim le ‘gbea dzi.
‘Ye towo le gbeɖiɖia-
Wo xɔm kpakple dzidzɔdzɔ.
ŊU – TI – KƆ – KƆE woana
Mawu le dziƒo boo.
ŊU – TI – KƆ – KƆE woana
Mawu le dziƒo boo.
Alēkplɔlawo, nuka ha dzim
Miele kpakple dzidzɔdzɔ?
Nya nyuie ka va ‘nyigba dzi,
Si hè dziƒo ha sia vɛ.
ŊU – TI – KƆ – KƆE woana
Mawu le dziƒo boo.
ŊU – TI – KƆ – KƆE woana
Mawu le dziƒo boo.
Va de Betlexem nakpɔ
‘Mesi ŋu dɔlawo dzi ha,
Va dze klo nɛ nasubɔe
Kristo, ‘Ƒetɔ fiavi ƒēa.
ŊU – TI – KƆ – KƆE woana
Mawu le dziƒo boo.
ŊU – TI – KƆ – KƆE woana
Mawu le dziƒo boo.