Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 59 MIVA, XƆSETƆWO Paroles
Miva, xɔsetɔwo, miva kpakple dzidzɔ,
Oo miva, ne miayi ɖe Betlehem !
Miakpɔ ɖevi nyuie ma, si nye mia Đela.
Miva, midze klo subɔe,
Miva, midze klo subɔe,
Miva, midze klo subɔe,
Miaƒe fia lae !
Mia fia la dziƒonɔlawo dzi Aƒetɔe ;
Ke emlɔ lāwo ƒe nuɖunu me.
Wodzi nyateƒe-Mawu, mavɔtɔ la !
Miva, midze klo subɔe,
Miva, midze klo subɔe,
Miva, midze klo subɔe,
Miaƒe fia lae !
Midzi ha na Đela, midzi ha kple dzidzɔ !
Elabena wodzi Đela na mi.
Bubu na Mawu, fafa va ‘nyigba dzi !
Miva, midze klo subɔe,
Miva, midze klo subɔe,
Miva, midze klo subɔe,
Miaƒe fia lae !