Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 51 DƆYƆLA GA LA Paroles
Dɔyɔla gā la le miagbɔ,
Yesu nublanuikpɔla.
Efa ‘kɔna dzi gbagbawo,
O, se Yesu ƒe gbe la.
Dɔlawo ƒe ha vivi la,
Eƒe ŋkɔ nye vivitɔ ;
Hadzidzi vivitɔ la,
Yesu, woayra Yesu !
Wotsɔ wo nuvōwo ke wo,
O, se Yesu ƒe gbe la.
Zɔ le ŋutifafa la me,
‚ɔ fiakuku kple Yesu.
Dɔlawo ƒe ha vivi la,
Eƒe ŋkɔ nye vivitɔ ;
Hadzidzi vivitɔ la,
Yesu, woayra Yesu !
Ŋutikɔkɔe na alēvia,
Mexɔ Yesu dzi se ‘zō.
Melō Đela Yayra ƒe ŋkɔ,
Melō Yesu ƒe ŋkɔ la.
Dɔlawo ƒe ha vivi la,
Eƒe ŋkɔ nye vivitɔ ;
Hadzidzi vivitɔ la,
Yesu, woayra Yesu !