Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 351 AGBE NYUI Paroles
Gbesiagbe mawɔ dɔ nyui^aɖe,
Makpe ɖe luʋɔ dahe ŋu.
Xexe sia me ƒe^agbea le kpuie,
‘Yata mawɔ nye ŋutete.
Agbea le kpuie, ele bubum ;
Esusɔ vie, nye hā madzo.
Mayi ɖakpɔ dɔ si mewɔ ;
‘Fisi ye keklē mele o.
Ne menye Mawuvi vavā,
Nye^agbea la klē le xexeame.
Madzi kafukafuha nɛ,
Madze^agbagba gblɔ nyanyui la.
Agbea le kpuie, ele bubum ;
Esusɔ vie, nye hā madzo.
Mayi ɖakpɔ dɔ si mewɔ ;
‘Fisi ye keklē mele o.
