Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 348 ŊKEKE MADO BLUKƆ LA Paroles
Mese aƒea ɖe ŋutinya, si le dziƒo boo.
Mese aƒea ɖe ŋutinya ‘si gbɔ metsɔ o ;
Mese aƒea ɖe ŋutinya ‘fisi^ahom mele o,
‘Fisi ŋkeke mado blukɔ la le^o.
O, ‘nyigba mado blukɔ, ‘fisi aliliwo mele o.
Mese^aƒea ɖe ŋutinya ‘fisi^ahom mele o.
‘Fisi ŋkeke mado blukɔ la le^o.
Mese aƒea ɖe ŋutinya, ‘fisi xɔnyewo yi
Mese be anyigba sia gbɔ metsɔ o
‘Fisi agbeti la le kple seƒoƒowo
Anyigba sia yɔ kpakple dzidzɔ fuË.
O, ‘nyigba mado blukɔ, ‘fisi aliliwo mele o.
Mese^aƒea ɖe ŋutinya ‘fisi^ahom mele o.
‘Fisi ŋkeke mado blukɔ la le^o.
Mese Fia la ŋutinya le eƒ’ atsyō me
Eye mese be nye ŋkuwo akpɔ
Eƒe fiazikpui si fu abe ɖeti ene
Le ‘ƒe sikadu nyuie keklē ma me.
O, ‘nyigba mado blukɔ, ‘fisi aliliwo mele o.
Mese^aƒea ɖe ŋutinya ‘fisi^ahom mele o.
‘Fisi ŋkeke mado blukɔ la le^o.