Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 299 BUBU NA EƑE ŊKƆ Paroles
‘Titsoga ŋ’ ti nye Đela ku ɖo,
Mayi Egbɔ ne woaxɔm ɖ’ agbe,
Etsɔ Eƒe ʋu la klɔŋunye ;
Bubu na ‘ƒe ŋkɔ.
Bubu na ‘ƒe ŋkɔ, bubu na ‘ƒe ŋkɔ,
Etsɔ eƒe ʋu la klɔŋunye ;
Bubu na ‘ƒe ŋkɔ.
Mekpɔɖeɖe tso nye nuvō me,
O, Yesu le nye dzime azɔ,
Aleluya Yesu xɔm ɖ’ agbe ;
Bubu na ‘ƒe ŋkɔ.
Bubu na ‘ƒe ŋkɔ, bubu na ‘ƒe ŋkɔ,
Etsɔ eƒe ʋu la klɔŋunye ;
Bubu na ‘ƒe ŋkɔ.
Yesu ƒe ʋu la klɔa nuvōwo,
Mekpɔ dzidzɔ, megeɖe eme ;
O, Eklɔ nye nuvōwo keŋkeŋ ;
Bubu na ‘ƒe ŋkɔ.
Bubu na ‘ƒe ŋkɔ, bubu na ‘ƒe ŋkɔ,
Etsɔ eƒe ʋu la klɔŋunye ;
Bubu na ‘ƒe ŋkɔ.