Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 296 ENYO NAM Paroles
Ne Mawu ƒe ŋutifafa yɔ nye dzi me,
Ekem ne ahom atu hā,
Nye dzi anɔ ha dzim le xɔse me be:
Enyo nam le Aƒetɔ la me !
Enyo nam, enyo nam,
Enyo nam le Aƒetɔ la me.
Ne Satan dze dzinye le ŋɔdzi dom nam,
Ekema nya sia aklē nam ;
Nye Yesu wɔ nusianu kpɔ dziɖuɖu,
Enyo nam le Aƒetɔ la me.
Enyo nam, enyo nam,
Enyo nam le Aƒetɔ la me.
Yesu, alēvia, tsɔ nye nuvōƒ’ agba,
Eye woƒui gbe ɖe megbe ;
Eku ɖe tanye l’ atitsoga ŋuti,
Nye luʋɔ, kafu Aƒetɔ la !
Enyo nam, enyo nam,
Enyo nam le Aƒetɔ la me.