Site icon Treasure Hymns – French

Cantique 284 ESI YESU GE ƉE NYE DZI ME Paroles

Cantiques Du Togo Baptiste

Cantique 284 ESI YESU GE ƉE NYE DZI ME Paroles

 

Mexɔ agbe yeye tso gbesigbe Đela
Yesu va ge ɖe nye dzi me.
Eye nye luʋɔ dahe la kpɔ kekeli
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me.

‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me,
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me,
Nye luʋɔ kpɔ dzidzɔ, ‘labe mekpɔ agbe,
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me.

Menye mɔtrala tsā, azɔ mekpɔ Yesu
Nyateƒe, mɔ kple agbe la
Eya klɔ nye nuvōwo katā le ŋunye
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me.

‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me,
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me,
Nye luʋɔ kpɔ dzidzɔ, ‘labe mekpɔ agbe,
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me.

Esia ta mɔkpɔkpɔ mavɔ le asinye
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me.
Le eƒe ŋkɔ me, tsizi zu kekeli
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me.

‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me,
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me,
Nye luʋɔ kpɔ dzidzɔ, ‘labe mekpɔ agbe,
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me.

Azɔ mekpɔ kekeli to ku-balia me
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me.
‘Ye mekpɔ dukɔkɔe la ƒe agbowo ɖa
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me.

‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me,
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me,
Nye luʋɔ kpɔ dzidzɔ, ‘labe mekpɔ agbe,
‘Si Yesu ge ɖe nye dzi me.

Quitter la version mobile