Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 272 ‘MEKA MAYƆ WU AƑETƆ? Paroles
Mele zɔzɔm le nuvō xexeame,
Hiātuamewo nye viɖe nam ;
Kple tetekpɔƒe kametetewo,
‘Meka mayɔ wu Aƒetɔ?
‘Meka mayɔ? ‘Meka mayɔ?
Si axɔ nam le nye hiā me?
Xɔlō vavā si anɔ anyi kplim
‘Meka mayɔ wu Aƒetɔ?
Xɔlō nyuiewo si melōna vevie,
Wonye dzidzɔ kple yayra nam ;
Ke ne nye luʋō hiā amenuveve,
‘Meka mayɔ wu Aƒetɔ?
‘Meka mayɔ? ‘Meka mayɔ?
Si axɔ nam le nye hiā me?
Xɔlō vavā si anɔ anyi kplim
‘Meka mayɔ wu Aƒetɔ?