Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 27 OO, ƉE MAKPƆ AƉE AKPEWO Paroles
Oo, ɖe makpɔ aɖe akpewo
Kple nu akpeakpewo hā !
Ekem makɔ nye gbe akafu
Wo, Mawu ƒe dɔmenyonyo,
Aɖe gbe ƒā wo nunyuie gā,
Aɖe gbe ƒā wo nunyuie gā,
Siwo katā nèwɔ nam la !
Siwo katā nèwɔ nam la !
Nuka miezi kpi, nye ŋusēwo? ,
Mikɔ gbe dzi kple mo vevie,
Ne miatsɔ Mawu ƒe dɔwɔwɔ
Adzi kafukafuha nɛ !
Nye ŋutilā kple luʋɔ siāa,
Nye ŋutilā kple luʋɔ siāa,
Mikafu Mawu kple dzidzɔ !
Mikafu Mawu kple dzidzɔ !
Kafukafu na wo nye Mawu
Le nusianu, si nènam, ta !
Kafukafu na wo, Mawuvi,
Le wo dɔmenyonyo gā ta !
Makafu wo, Gbɔgbɔ kɔkɔe,
Makafu wo, Gbɔgbɔ kɔkɔe,
Be nèwɔm agbemavɔvi !
Be nèwɔm agbemavɔvi !