Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 241 AƑETƆ AHOM LE TUTUM Paroles
Aƒetɔ ahom le tutum !
Ƒutsotsoe ge ɖe ʋua me,
Dziƒo do blukɔ tsiɖitsiɖi,
Xɔnametɔ meli o.
‘Ƒetɔ, kpɔɖa, miele tsɔtsrōm !
Alō dɔm woa nèlea?
Le esime gaƒoƒo la sesē,
‘Ye miele tsɔtsrō me yim.
Ya kple ƒu gō hā woɖoa to nye gbe,
Zi ɖoɖoe (Dze anyi) !
Eɖanye ahom sesē si tu, gbɔgbɔ vō,
Ame alo nu bubua ɖe,
Tsi mateŋ’ amli ʋu si me, ƒuwo,
Anyigba kple dziƒo wɔla le o.
Wo katā la, woɖoa to nye gbe
Zi ɖoɖoe, dze anyi !
Wo katā la woɖoa to nye gbe, zi ɖoɖoe.
Aƒetɔ nye luʋɔ gbɔdzɔ !
Mele klo dzi le yɔwom,
Metsɔ nye dzimaɖi va gbɔwo,
Oo, nyɔ nase nye Ɣli dzro
Nuvō kpakple nuxaxa sɔŋ,
Wote nye dzi ɖe to ;Eye mele tsɔtsrō me yim.
Oo, ɖabla naxɔ nye^agbe.
Ya kple ƒu gō hā woɖoa to nye gbe,
Zi ɖoɖoe (Dze anyi) !
Eɖanye ahom sesē si tu, gbɔgbɔ vō,
Ame alo nu bubua ɖe,
Tsi mateŋ’ amli ʋu si me, ƒuwo,
Anyigba kple dziƒo wɔla le o.
Wo katā la, woɖoa to nye gbe
Zi ɖoɖoe, dze anyi !
Wo katā la woɖoa to nye gbe, zi ɖoɖoe.
