Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 208 TSI TRE, TSI TRE NA YESU Paroles
Tsi tre, tsi tre na Yesu, ‘titsoga ‘srafowo !
Kɔ eƒe flaga la dzi, migana woabuÉ o !
Akplɔ eƒ’ aʋakɔwo, bene woaɖu dzi ɖa,
Vase futɔwo natsrō, Kristo ko naɖu fia !
Tsi tre, tsi tre na Yesu, ɖo to kpēa ƒe ɖiɖi,
Yi ɖ’aʋa sesē la me le ‘ƒe ŋkeke sia dzi !
Miva subɔe kalētɔe, migagbɔdzɔ kpɔ o !
Dzideƒo ɖe ŋɔdzi ŋu, ŋusēɖe ŋusēŋu !
Tsi tre, tsi tre na Yesu !Nɔ eƒe ŋusē me ;
Ŋutilā gbɔdzɔ kaba, miku ɖe Yesu ŋu !
Kpla nyanyui ƒe aʋanu, nɔ gbedoɖa dzi ɖa ;
Ne dɔ la yɔ wo ko la megatsi megbe o !
