Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 203 NANEKE MAMA MIA DOME O Paroles
Naneke mamā nye kple Đela dome o,
Xexeame nuwo kekeake hā ;
Megbe nu le nuvō katā gbɔ,
Naneke mamā mia dome o.
Naneke mamā mia dome o,
Bene mate ŋu kpɔ ‘ƒe ŋkume ;
Naneke mede ‘ƒe lɔlō la nu o,
Dzra mɔa dzi ɖo, ɖi meganɔe o.
Xexeame nudzroame bu aɖeke hā o,
Eɖanye nuname ɖesiaɖe,
Mate ŋu māe ɖa tso gbɔnye kpɔ o,
Eya enye nye nuwo katā keŋ.
Naneke mamā mia dome o,
Bene mate ŋu kpɔ ‘ƒe ŋkume ;
Naneke mede ‘ƒe lɔlō la nu o,
Dzra mɔa dzi ɖo, ɖi meganɔe o.
Nububu aɖeke, dada ‘loo ɖoƒe,
Meɖokui ‘loo xɔlō manɔe o,
Nenye fukpekpewoe woànye nam hā,
Meɖo kpe dzi, nenɔ nenema.
Naneke mamā mia dome o,
Bene mate ŋu kpɔ ‘ƒe ŋkume ;
Naneke mede ‘ƒe lɔlō la nu o,
Dzra mɔa dzi ɖo, ɖi meganɔe o.