Site icon Treasure Hymns – French

Cantique 184 AZƆ MEKPƆ AƑE Paroles

Cantiques Du Togo Baptiste

Cantique 184 AZƆ MEKPƆ AƑE Paroles

 

Menye mɔtrala le tsatsam, azɔ mekpɔ aƒe.
Mezɔnuvō mɔ la didi, azɔ mekpɔ aƒe.

Mekpɔ aƒe ; mekpɔ aƒe ; nyemagabu o.
Fofonye nɔ mɔ kpɔm nam ; azɔ mekpɔ aƒe.

Megblēƒe nyuie geɖewo keŋ, azɔ mekpɔ aƒe.
Ke metrɔ kple konyifafa, azɔ mekpɔ aƒe.

Mekpɔ aƒe ; mekpɔ aƒe ; nyemagabu o.
Fofonye nɔ mɔ kpɔm nam ; azɔ mekpɔ aƒe.

Nuvō tem ɖe to Aƒetɔ, azɔ mekpɔ aƒe.
Maxɔ wo lɔlō kple nya la, azɔ mekpɔ aƒe.

Mekpɔ aƒe ; mekpɔ aƒe ; nyemagabu o.
Fofonye nɔ mɔ kpɔm nam ; azɔ mekpɔ aƒe.

Quitter la version mobile