Site icon Treasure Hymns – French

Cantique 175 KPƆ ƉA, ƉEVI KO MEGANYE Paroles

Cantiques Du Togo Baptiste

Cantique 175 KPƆ ƉA, ƉEVI KO MEGANYE Paroles

 

Kpɔɖa, ɖevi ko meganye,
Nye ŋusē hā le suɛ.
Mele didim be, naxɔ nam,
Yesu, fia mɔ nyui lam !

Xɔla vevi, le nye hā ta
Nètrɔ zu ɖevi suɛ,
Ena woʋu kɔkɔe ɖuɖu
Tso atitsoga dzi.

Oo Yesu, ɖo aɖaŋu nam ;
Nuka mawɔ na wo,
Be mad’ akpe na wo vevie
Le wo lɔlō gā ta?

Aƒetɔ, va naxɔ nye dzi,
Si me nuvō sɔŋ le ;
Naklɔ nye dzi blibo la me,
Aƒetɔ, se nye gbe !

Nyemedze le woŋkume o,
Gake tɔwo menye.
Megana matra mɔ o, ke
Maɖu abosam dzi !

Quitter la version mobile