Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 174 NUWO KATA NYE YESU TƆ Paroles
Nuwo katā nye Yesu tɔ !
Nye agbe ƒe ŋusē la ;
Nye nya kple susu kple wɔna,
Gaƒoƒo kple ŋkekewo.
Nuwo katā nye Yesu tɔ !
Gaƒoƒo kple ŋkekewo. (bis)
Mawɔ nusiwo wogblɔ nam,
Mazɔ ‘fisi woɖe fiam ;
Nye ŋku anɔ Yesu ko dzi,
Nye aɖe akafui ɖa.
Nuwo katā nye Yesu tɔ !
Nye aɖe akafui ɖa. (bis)
Tso esime mekpɔ Yesu,
Nyemeganye nubu o ;
Ke gbɔgbɔ la na nye ŋkuwo,
Nɔa Yesu si woklā dzi.
Nuwo katā nye Yesu tɔ !
Kpɔ Yesu si woklā la. (bis)
