Site icon Treasure Hymns – French

Cantique 160 MƆ ƉEKA KOE LI Paroles

Cantiques Du Togo Baptiste

Cantique 160 MƆ ƉEKA KOE LI Paroles

 

Mɔɖeka koe le mato yi Mawu gbɔ,
Si nye ‘titsoga tɔ la ;
‘Titsoga mɔ la koe kplɔ ame yi,
Kekeli ƒ’ anyigba la dzi.

‘Titsoga mɔ kplɔ^ame yi,
‘Titsoga mɔ kplɔ^ame yi,
Yayratɔwo nye amesiwo le edzi,
‘Titsoga mɔ kplɔ^ame yi.

Mɔɖeka si nye ʋu kɔkɔe ƒe mɔ la,
Yesu ƒe ʋu xɔasi la,
Eya ko enye ‘kaɖedzi nam be,
Nye luʋɔ akpɔ nye wɔla.

‘Titsoga mɔ kplɔ^ame yi,
‘Titsoga mɔ kplɔ^ame yi,
Yayratɔwo nye amesiwo le edzi,
‘Titsoga mɔ kplɔ^ame yi.

Quitter la version mobile