Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 159 NYANYUIGAWO LE ƉIƉIM Paroles
Nyanyuigawo le ɖiɖim
L’ anyigba kpl’ atsiaƒu dzi ;
Xɔxɔ vivi ƒe yayranya
Wotsɔ vɛ na wo kple nye ;
Mawu lō xexeame,
Tsɔ ‘ƒe Tenuvi na mi ;
Amesi ke xɔ dzi se la,
Akpɔ^agbe mavɔ l’ egbɔ.
Nyanyui ƒe gaƒoƒo ! Aleke wole ɖiɖim !
Xɔxɔƒe ga vivi tsɔ yayranya vɛ na mi.
Nyanyuigawo le mia yɔm,
Va agbekplɔgā la ŋu ;
Megado vlo ‘ƒe gbe nyui la
‘Ye nagbe yɔyɔ la o !
Nyee nye^agbebolo la
Na wo luʋɔ dɔwuitɔ ;
Ne wo nuvō biā^abe ʋu ene ;
Afu^abe alēfu^ene.
Nyanyui ƒe gaƒoƒo ! Aleke wole ɖiɖim !
Xɔxɔƒe ga vivi tsɔ yayranya vɛ na mi.
Nyanyuigawo le nu xlōm
Tso ŋkeke yi ŋkeke be,
Ŋɔdzi kple dzɔgbevōe ava
Amesi tsi megbe dzi.
‚e wo agbe kaba,
Megahe ɖe megbe o !
Ne menye nenem o la,
Ava tsrō le mɔ la dzi.
Nyanyui ƒe gaƒoƒo ! Aleke wole ɖiɖim !
Xɔxɔƒe ga vivi tsɔ yayranya vɛ na mi.