Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 149 ALELUYA KPADZI Paroles
Menye vōwɔla si bu, nɔ tratram le nuvō me kpɔ ;
Gake Đela tɔ nam l’ esime meyɔe.
‘Ye wokpla si kɔ nam, hekplɔm to eƒ’ afɔtoƒewo
‘Ye mel’ agbe l’ aleluya ƒe^akpa dzi.
O ! Kɔkɔe na Yesu, aleluya hawo naɖi
Mikpe ɖe ŋunye, miadzi kafuhawo
Kpɔɖa ! Meʋu nye dzi fesrewo ɖo ɖe dziƒo kpadzi
‘Ye mel’ agbe l’ aleluya ƒe^akpa dzi.
Togbɔ be xexeame nuwo anɔ xadza ƒo ɖem hā,
Nyeme biaŋu tofloko nusiawo o.
Elabe nye luʋɔ keɖe Dziƒo ƒe sikawo ŋu,
‘Ye mel’ agbe l’ aleluya ƒe^akpa dzi.
O ! Kɔkɔe na Yesu, aleluya hawo naɖi
Mikpe ɖe ŋunye, miadzi kafuhawo
Kpɔɖa ! Meʋu nye dzi fesrewo ɖo ɖe dziƒo kpadzi
‘Ye mel’ agbe l’ aleluya ƒe^akpa dzi.
Menye kesinɔnuwo ŋuti magbe teƒe nyui sia o,
‘ya mana be woakplɔm yi gbegblē me o.
‘Labe mekpɔ dedienɔnɔ kple dzidzɔ le Yesu me,
‘Ye mel’ agbe l’ aleluya ƒe^akpa dzi.
O ! Kɔkɔe na Yesu, aleluya hawo naɖi
Mikpe ɖe ŋunye, miadzi kafuhawo
Kpɔɖa ! Meʋu nye dzi fesrewo ɖo ɖe dziƒo kpadzi
‘Ye mel’ agbe l’ aleluya ƒe^akpa dzi.