Site icon Treasure Hymns – French

Cantique 117 YESUE NYE Đela LA Paroles

Cantiques Du Togo Baptiste

Cantique 117 YESUE NYE Đela LA Paroles

 

Miese dzidzɔ nyanyuie aɖe, Yesue nye Đela la ;
Kaka dzidzɔ nyanyuie sia, Yesue nye Đela la ;
Gblɔ nya sia l’ afisiafi n’ amewo woanya Yesu,
Esia ‘nye yayra ƒe nya, Yesue nye Đela la.

Gblɔ nya la l’ afisiafi, Yesue nye Đela la ;
Gblɔe na vōwɔlawo be, Yesue nye Đela la ;
Be anyigba dzi katā nase Yesu ƒe nya la.
O, nɔvi va Yesu gbɔ, Yesue nye Đela la.

Dzi ha na Yesu gblɔ be, Yesue nye Đela la ;
‘Gbemavɔ le Yesu me, Yesue nye Đela la:
Dzi ha la kpakple dzidzɔ hena Yesu ƒe bubu,
Esia enye dziɖuɖu ha, Yesue nye Đela la.

Quitter la version mobile