Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 112 KRISTO TRƆ VA Paroles
Ne ŋua le kekem, Eɖanye ŋdikanya,
ɣe keklēa to viviti kple vɔvɔli me:
Yesu le eƒe ŋutikɔkɔe blibo me
Be yeaxɔ Etɔawo tso xexea me.
O, Aƒetɔ Yesu, ƔekaƔie,
Mia dzi dzidzɔha sia?
Kristo trɔ va, Haleluya !
Haleluya, Amen ! Haleluya, Amen !
Eɖanye ŋdɔ lo Ɣegbamigo me ;
Eɖanye zātsiƒe alo viviti me,
Yesu ado le eƒe ŋutikɔkɔe me,
Eye woava xɔ etɔawo keŋ.
O, Aƒetɔ Yesu, ƔekaƔie,
Mia dzi dzidzɔha sia?
Kristo trɔ va, Haleluya !
Haleluya, Amen ! Haleluya, Amen !
Ne aʋakɔ le Hosana dzim tso dziƒo,
Ame kɔkɔewo kple Mawudɔlawo le ‘me ;
Amenuveve tsɔ ta nɛ abe bubu
Yesu ava ‘xɔ etɔawo.
O, Aƒetɔ Yesu, ƔekaƔie,
Mia dzi dzidzɔha sia?
Kristo trɔ va, Haleluya !
Haleluya, Amen ! Haleluya, Amen !
