Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 311 KRISTOTƆ NAZƆ NYUIE Paroles
Kristotɔ nazɔ nyuie vōɖitɔa li
Zɔ agbemɔ la le ɖokuilelé me
Le ‘me kple ‘godo la futɔ la li
Anyo nɛ ne ‘gadze nuvō me la.
Kristotɔ nazɔ nyuie, Kristotɔ nazɔ nyuie,
Kristotɔ nazɔ nyuie, futɔ la li.
Kristotɔʋu wo dzi, wɔ nuteƒe
Vavā viviti la le agbo dzem
ɣeyiƔi viaɖe koe, nu ava yi
Kristotɔʋu wo dzi, Kristotɔʋu wo dzi,
Kristotɔʋu wo dzi, wɔ nuteƒe.
Kristotɔ do gbe ɖa, tetekpɔ li
‚o ŋku ‘ye nate ɖe woĐelaŋu
Ekema akplɔ wo nanɔ dedie
Vevietɔ la enye be do gbe ɖa
Kristotɔ do gbe ɖa, Kristotɔ do gbe ɖa,
Kristotɔ do gbe ɖa, tetekpɔa li.