Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 214 NYE MƆKPƆKPƆ L’ AƑETƆ LA ME Paroles
Nye mɔkpɔkpɔ l’ Aƒetɔ, si tsɔ ‘ɖokui nam me
Xe nye nuvōwo keŋ ta fe le Kalvari.
Tanye, woku, tanye, woli.
Ena agbe mavɔ kple kekeli mi faa.
Nye wɔna ‘ɖeke ma tsi Eƒe dziku nu o,
Nye mɔkpɔkpɔ le Yesu ƒe dzɔdzɔenyenye me.
Tanye, woku, tanye, woli.
Ena agbe mavɔ kple kekeli mi faa.
Tanye wole Fofo la, fiazikpui ŋgɔɖo,
‚e asi xɔ ‘biawo fia he yɔm be ye tɔ.
Tanye, woku, tanye, woli.
Ena agbe mavɔ kple kekeli mi faa.