Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 212 KRISTO ƑE ASRAFOWO Paroles
Kristo ƒe asrafowo, miɖo ta ŋgɔgbe !
Mikpɔ Yesu dzi ko, amesi dze ŋgɔ !
Kristo^aʋafia gā la tso ɖe futɔŋu ;
Midze fiagā yome, Ele mia ŋgɔ yim.
Kristo ƒe asrafowo, miɖo ta ŋgɔgbe !
Mikpɔ Yesu dzi ko, amesi dze ŋgɔ !
Le Yesu ƒe ŋkɔ ta futɔwo asi,
Mitso, Kristotɔwo, hena dziɖuɖu ;
Ku ƒ’ anyinɔƒuƒlu le aseye ta ;
Nɔviwo, midzi ha, mikafu Mawu !
Kristo ƒe asrafowo, miɖo ta ŋgɔgbe !
Mikpɔ Yesu dzi ko, amesi dze ŋgɔ !
Kristo ʋakɔ gā la le ŋgɔgbe dem ɖa,
Va, midze eyome kple dzideƒo gā ;
Womemā mia me o, ke ɖeka miele
Le mɔkpɔkpɔ, lɔlō, kple nufiafia me.
Kristo ƒe asrafowo, miɖo ta ŋgɔgbe !
Mikpɔ Yesu dzi ko, amesi dze ŋgɔ !