Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 47 TSO ASEYE Paroles
Tso aseye na fia, subɔ wo Aƒetɔ ;
Dzɔdzi, d’ akpe, dzi ha, ‘ye naɖu dzi tegbee.
Kɔ wo dzi dzi, kɔ wo gbe dzi
Tso aseye, tso aseye.
Yesu Đela ɖua fia, Mawu nyateƒetɔ ;
Esi wokɔ mia ŋu, Eyi ɖanɔ dziƒo.
Kɔ wo dzi dzi, kɔ wo gbe dzi
Tso aseye, tso aseye.
Eƒe fiaɖuƒe le dziƒo kple anyigba ;
Ku kple tsiēƒe safui le Kristo Yesu si.
Kɔ wo dzi dzi, kɔ wo gbe dzi
Tso aseye, tso aseye.