Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 31 MAWU Ƒ’ ASINUDƆWO KATA Paroles
Mawu ƒ’ asinudɔwo katā
Miva ne miadzi ha be,
Haleluya, haleluya ;
ɣe kple Ɣleti siwo le dzi na kekeli,
Anyigba la, mikafui, mikafui
Haleluya, haleluya, haleluya.
Yaƒoƒo sesēwo katā kpakple
Aliliwo le dzi, mikafui,
Haleluya, haleluya ;
Agudzedze tso na dzɔdzi,
Kekeli ƒ’ agbowo miʋu mikafui
Haleluya, haleluya, haleluya.
Anyigba, wo si dzi miele yɔ kpakple
Nunyuie geɖe ƒuu, Oo kafui,
Haleluya, haleluya ;
Dɔ seƒoƒo kple gbewo ɖa, woaɖe
Ŋutikɔkɔe afia, Oo, kafui, Oo, kafui,
Haleluya, haleluya, haleluya.
Mi ‘mesiwo si dzi nyuie le, dzi siwo
Me tsɔtsɔke le, mikafui,
Haleluya, haleluya ;
Siwo doa dzi le xaxa me, mitsɔ miaƒe
Dzimaɖiwo va na Mawu, mikafui
Haleluya, haleluya, haleluya.