Cantiques Du Togo Baptiste
Cantique 455 AGAKPE SESE LA Paroles
Nye mɔkpɔkpɔ le Yesu ƒe ʋu
Kple ‘ƒe dzɔdzɔenyenye me.
Nye maka ɖe naneke dzi o
Maku ɖe Yesu ƒe ŋkɔa dzi.
Mele Kristo agakpea dzi,
Anyigba susuewo nye ke,
Anyigba susuewo nye ke.
Ne viviti xe Eƒe mo,
Manɔ ‘ƒe$amenuveve me.
Le ahom ya sesēwo me
Nye kplɔla lém ɖe asi me.
Mele Kristo agakpea dzi,
Anyigba susuewo nye ke,
Anyigba susuewo nye ke.
‘Ƒe atam, nubabla kple ʋu
Aɖem le tɔɖɔɖɔ la me
Ne nuwo keŋ gblēm ɖi hā la
‘Nye nye mɔkpɔkpɔ kple agakpe.
Mele Kristo agakpea dzi,
Anyigba susuewo nye ke,
Anyigba susuewo nye ke.